Revelation of John 18

Babilonia ƒe anyidzedze

1Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigbadzi klẽ. 2Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “Womui! Womu Babilonia Gã la! Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpakple xadza na xevi makɔmakɔwo kple xevi siwo womeɖuna o, 3elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”

4Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Mido go le wo dome, nye amewo be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o. 5Elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi. 6Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zigbɔzi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ anɛ. 7Egblɔ le eƒe dzime dadatɔe be, ‘menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene. 8Ale be le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.

9“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi eye woafa nɛ. 10Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, ‘Babaa! O du gã, babaa na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’

11“Anyigbadzisitsalawo afa avi eye woafa nɛ elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpexɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, sitronʋuƒo vovovowo, kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpexɔasiwo. 13Bubuawoe nye atikeʋeʋẽ, sinamɔn, detsiƒonuʋeʋẽwo, dzudzɔʋeʋẽdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ meme, mɔlu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.

14“Wo katã woagblɔ be, ‘kutsetse si nèdi vevie la do le asiwòme. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15Asitsala siwo dzra nu siawo eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la, atsi tre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo le eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16eye woado ɣli be, ‘Babaa! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kpakple avɔ blɔtɔ ƒe awulegbe eye nède sikakɔwla si le dzo dam, kpexɔasidzonuwo kple dzonu ƒuƒuiwo, babaa na wò! 17Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’

“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo, kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tsoa ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge.
18Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ 19Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi eye woado konyifaɣli be, ‘Babaa! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la, kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Babaa na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ. 20O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi amekɔkɔewo, apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.’”

21Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la, ƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la, anyii eye magafɔ gbeɖe o. 22Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o. 23Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexeame ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae. 24Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple amekɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”

Copyright information for EweBEE